Galatians 3

Xɔse loo, alo se la?

1O, mi Galatiatɔ tsibomewo! Ame kae flu mo na mi eye wòhe gbɔgbɔ vɔ̃ va mia dzii? Elabena tsã la, miesea Yesu Kristo ƒe ku gɔme nyuie abe ɖe metsɔ nutata aɖe si me Yesu nɔ kukum le atitsoga ŋu fia mi ene. 2Mina mabia nya ɖeka sia mi: Ɖe miexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la to Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ mea? Kura o! Elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi esime miese nu tso Kristo ŋu eye miexɔ edzi se be aɖe yewo la megbe. 3Ekema ɖe miele tsu kum azɔa? Elabena ne agbagbadzedze be woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi mena agbe mi le gbɔgbɔ me o la, nu ka ta miebu be agbagbadzedze be yewoawɔ wo dzi awɔ mi azɔ kristotɔ nyuiwo wu? 4Miekpe fu geɖe ɖe nyanyui la ta. Miele didim azɔ be yewoaɖe asi le nyanyui la ŋu. Esẽ nam be maxɔ nu sia dzi ase!

5Megale mia biam be ɖe Mawu na Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ mi eye wòwɔ nukunuwo le mia dome le miaƒe agbagbadzedze be yewoawɔ Yudatɔwo ƒe sewo dzi taa? Mele nenema kura o. Esime miexɔ Kristo dzi se eye mieɖo ŋu ɖe eŋu tso dzi blibo me tae.

6Nenema kee wònɔ na Abraham hã. Nu si na Mawu kpɔe be edze na dziƒo koe nye be, exɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se. 7Miate ŋu akpɔe tso esia me be ame siwo nye Abraham ƒe vi vavãwo lae nye ame siwo katã xɔ Mawu dzi se nyateƒetɔe. 8Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la kpɔe do ŋgɔ be Mawu atso afia na Trɔ̃subɔlawo le xɔse me, eya ta wòɖe gbeƒã na Abraham do ŋgɔe be, “Woyra dukɔwo le mewò.” 9Eya ta woyra ame siwo katã xɔse la kple xɔsetɔ Abraham. 10Ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe sea dzi wɔwɔ dzi la le fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woƒo fi de ame sia ame si melé nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽame la me ɖe asi o.” 11Eme kɔ ƒãa be womatso afia na ame aɖeke le Mawu gbɔ to se la me o, elabena woŋlɔ ɖi be, “Ame dzɔdzɔe la anɔ gbe le xɔse me.” 12Wometu Sea ɖe xɔse dzi o, ke boŋ mawunya gblɔ bena, “Ame si awɔ nu siawo la anɔ agbe ɖe wo nu.” 13Kristo ɖe mí tso Se la ƒe fiƒode me, esi wòzu fiƒode ɖe mía teƒe, elabena woŋlɔ ɖe mawunya me be, “Woƒo fi de ame sia ame si woklã ɖe ati ŋuti.” 14Ale woɖe mí be yayra si wotsɔ na Abraham la nava Trɔ̃subɔlawo hã dzi to Kristo Yesu me, ale be to xɔse me míaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu tsɔ do ŋugbee. 15Nɔvi lɔlɔ̃awo, le míaƒe agbenɔnɔ gbe sia gbe me gɔ̃ hã la, ne ame aɖe do ŋugbe na nɔvia eye wòŋlɔe da ɖi, de asi ete la, womagate ŋu atrɔe o. Ŋugbedola magate ŋu atrɔ tame be yeawɔ nu bubu o.

16Azɔ la, Mawu do ŋugbe aɖewo na Abraham kple Via. Ɖo ŋku edzi be nya sia megblɔ be wodo ŋugbe na viawo o; anye ne esia afia be via siwo katã nye Yudatɔwo. Ke wodo ŋugbe na Via eye esia gɔmee nye na Kristo. 17Nu si mele didim be magblɔ lae nye esi: Mawu ƒe ŋugbe si wòdo be woaɖe ame to xɔse me la eŋlɔ ŋugbedodo sia da ɖi eye wòde asi ete; womate ŋu aɣlae alo atrɔe ƒe alafa ene blaetɔ̃ megbe, esi Mawu na Se Ewoawo o. 18Ne se mawo dzi wɔwɔ ate ŋu aɖe mí la, ekema eme kɔ ƒãa bena esia ato vovo sã tso Abraham ƒe mɔ gbɔ elabena ɖe ko Abraham ya xɔ Mawu ƒe ŋugbedodo dzi se.

19Enyo: Nu ka tae wode se mawo? Wotsɔ se siawo kpe ɖe tsãtɔwo ŋu le ŋugbe sia dodo vɔ megbe be woafia amewo ƒe fɔɖiɖi ne woda Mawu ƒe sewo dzi. Ke se siawo anɔ anyi va se ɖe Kristo, Vi, si Mawu do ŋugbe na la ƒe vava dzi ko. Vovototo bubu sia hã gali. Mawu tsɔ eƒe seawo na mawudɔlawo be woatsɔ ana Mose, eye eya hã tsɔ wo na eƒe amewo. 20Ke esi Mawu do ŋugbe na Abraham la, eya ŋutɔe doe na Abraham; metsɔ ŋugbedodo la to mawudɔlawo alo Mose dzi o.

21Ekema ɖe se la tsi tre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu mahã? Gbeɖe! Elabena nenye ɖe se si wona la ana agbe la, anye ne dzɔdzɔenyenye ava to se la me vavã. 22Gake Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be xexeame katã le nu vɔ̃ ƒe game, ale be ŋugbe si wodo be to Yesu Kristo dzixɔse me ame siwo xɔse la akpɔɖeɖe la nasu wo si.

23Do ŋgɔ na Kristo ƒe vava la, se la dzɔ mía ŋu abe gamenɔlawo ene va se ɖe esime míaxɔ Ɖela si gbɔna la dzi ase.

24Mina magagblɔe ale: Yudatɔwo ƒe sewo nye míaƒe nufiala kple mɔfiala va se ɖe esime Kristo va be yeana míanɔ nyuie kple Mawu to míaƒe xɔse me. 25Ke azɔ esi Kristo va la, míegahiã se mawo be woadzɔ mía ŋu eye woakplɔ mí ayi egbɔe o.

Mawu ƒe viwo

26Elabena azɔ la, mí katã míenye Mawu viwo to Yesu Kristo dzixɔse me, 27eye mí ame siwo wode mawutsi ta na ɖe ɖekawɔwɔ kple Kristo me la, míedo Yesu abe awu ene. 28Míeganye Yudatɔwo alo Helatɔwo, kluviwo alo ablɔɖeviwo, ŋutsuwo alo nyɔnuwo gɔ̃ hã o, ke mí katã míele ɖeka; míenye kristotɔwo; míele ɖeka le Kristo Yesu me. 29Ke azɔ la, esi míenye kristotɔwo la, míenye Abraham ŋutɔ ƒe dzidzimeviwo eye Mawu ƒe ŋugbe siwo katã wòdo na Abraham la nye mía tɔ.

Copyright information for EweBEE